John 2

Srɔ̃ɖeŋkekenyui le Kana

1Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpe Yesu dada be wòava kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe teƒe le Kana si le Galilea nutoa me. 2Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã. 3Esi wɔnawo nɔ edzi yim la, wain si nom ameawo nɔ la vɔ. Ale Yesu dada va egbɔ va gblɔ nya sia nɛ.

4Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.” 5Gake Yesu dada gblɔ na subɔviawo bena, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.”

6Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo me.

7Yesu gblɔ na subɔviawo be, “Miku tsi kɔ ɖe zɔwo katã me woayɔ.” Ale wowɔ nenema.

8Egagblɔ na wo bena, “Azɔ mikui yi ɖana nuɖuɖudzikpɔla la.” Wowɔ nenema.

9Nuɖuɖudzikpɔla la no tsi si trɔ zu wain la ƒe ɖe, ke menya afi si wòtso o, subɔviawo koe nya. Azɔ eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la eye wògblɔ nɛ bena,

10“Wò la èto vovo kura tso ame bubuwo gbɔ elabena zi geɖee la, srɔ̃ɖelawo na wain nyuitɔ woƒe amekpekpewo gbã eye ne ame sia ame noe wosui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vanɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.”

11Nukunu si Yesu wɔ le Kana le Galilea lae nye gbãtɔ si wòwɔ hetsɔ ɖe ŋusẽ si wòxɔ tso dziƒo la fia. Esia na be eƒe nusrɔ̃lawo hã xɔe se be eyae nye Mesia, ame si lava.

12Esi srɔ̃ɖeŋkekenyui la wu enu la, Yesu kple dadaa, nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Kapernaum eye wonɔ afi ma ŋkeke ʋee aɖewo.

Yesu nya nudzralawo do goe le gbedoxɔ me

(Mateo 21:12-13; Marko 11:15-17; Luka 19:45-46)

13Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖo edzi la, Yesu yi Yerusalem. 14Le afi sia la, ekpɔ asitsalawo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu wonɔ nyiwo, alẽwo kple akpakpawo dzram hena vɔsasa. Gaɖɔlilawo hã nɔ teƒea nɔ ga ɖɔ lim na amewo. 15Enumake Yesu tsɔ ka aɖewo trɔ atam eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me, enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. 16Azɔ ezɔ yi ame siwo nɔ akpakpawo dzram la gbɔ eye wòɖe gbe na wo bena, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe Aƒe wɔ asimee o!”

17Nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be mawunya gblɔ be, “Didi vevi aɖe le menye be mawɔ dɔ akɔ wò aƒe alo gbedoxɔ la ŋu.”

18Azɔ Yudatɔwo ƒe dumemegãwo va Yesu gbɔ va biae bena, “Ŋusẽ kae nèkpɔ bena nànya ameawo do goe? Nenye be èka ɖe edzi be Mawue na ŋusẽ sia ye la ekema wɔ nukunu aɖe nàtsɔ ɖo kpe edzii na mi.”

19Yesu ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mawɔ nukunu aɖe na mi, eyae nye be, migbã mawuxɔ sia eye nye la magagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe.”

20Ameawo katã do ɣli be, “Nu ka! Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke wò ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ mea?” 21Ke “gbedoxɔ” si ŋu Yesu nɔ nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã. 22Esi Yesu tsi tre tso ame kukuwo dome la nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu eye wo katã hã va eme vavã.

Yesu dze si amewo katã

23Nukunu geɖe siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na bena ame geɖe xɔe se be eyae nye Mesia la vavã. 24Ke Yesu meka ɖe ame siawo ƒe xɔse dzi o, elabena edze si amegbetɔwo ƒe nɔnɔme. 25Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase nɛ tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me.

Copyright information for EweBEE